file_ids stringlengths 38 40 | Audio audioduration (s) 21.3 1.1k | Transcript stringlengths 166 12k |
|---|---|---|
1-bb43a7d5f882af9430fd2e2af373e068.mp3 | Nye Paulo, Yesu Kristo ƒe dɔla, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela, eye
wodɔe be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la. Mawu do Nyanyui sia ŋugbe xoxoxo to eƒe
nyagblɔɖilawo dzi le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me, tso Via, Yesu Kristo, ame si va xexea me
abe amegbetɔ ene, eye wodzii abe David ƒe tɔgbuiyɔvi ene la ŋu. To Via, Yesu
Kris... | |
18-65f1c6c3ed99a6923270d0b2c2d12d7c.mp3 | Yehowa gaɖe eɖokui fia Abraham esime Abraham nɔ ati gãwo te le Mamre. Le
dzomeŋɔli ƒe ɣetrɔ aɖe, esime xexea me xɔ dzo la, Abraham nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu.
Kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ gbɔna egbɔ. Etsi tsitre enumake, ƒu du yi ɖakpe wo, eye
wòdo dzaa na wo. Egblɔ be, “Ne miave nunye la, nye aƒetɔ, ekema migato miaƒe
dɔla ŋu yi ... | |
98-d466cce89f76eb7d3e33cc9198073560.mp3 | Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo;
eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ.
Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu
le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo.
Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃
kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la,
eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã
kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe.
Mi anyigbawo katã,
mido dzidzɔɣl... | |
12-d578074aa298cc19d73bd0a454074df1.mp3 | Rehoboam yi Sekem elabena Israelviwo katã yi afi ma be woaɖoe fiae. Esi Yeroboam, Nebat ƒe viŋutsu se nya sia la, etrɔ gbɔ tso Egipte, afi si wòsi le Fia Solomo nu yi ɖabe ɖo. Ale woɖo du ɖe Yeroboam eye eya kple Israel blibo la yi Rehoboam gbɔ ɖagblɔ nɛ be, “Fofowò da kɔkuti kpekpe aɖe ɖe mía dzi. Ke azɔ la, wò la, ɖe... | |
22-e7a0f0f9688e64dc451b6649f525fcd1.mp3 | Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu.
Nu kae ɖe mi ɖe nu
hafi mi katã miede xɔwo tame?
O! Hoowɔwɔ ƒe du,
ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du,
nu kae le wɔwòm?
Wò ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o,
eye menye aʋa hãe wotsi o.
Wò dumegãwo katã si dzo;
wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo,
eye womeʋli wo ɖokui ta o.
Togbɔ be wosi ... | |
6-8c3d140d0ff5fc6633a37f2eab7a8dff.mp3 | Le ƒe alafa ene blaenyilia me, le Israelviwo ƒe gododo le Egipte megbe, esi nye Solomo ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe enelia me le dzinu evelia, Zib me la, edze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme.
Gbedoxɔ si Fia Solomo tu na Yehowa la didi mita blaeve-vɔ-adre, keke mita asiekɛ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata si le gbedo... | |
41-21383b29e4e3f478dad08e825dc0a115.mp3 | “Mi ƒukpowo, mizi ɖoɖoe le ŋkunye me!
Ŋusẽ yeye neɖo dukɔwo ŋu!
Mina woava ŋgɔ hafi woaƒo nu.
Mina miado go le ʋɔnudrɔ̃ƒe.
“Ame kae de dzo lãme na ame si tso ɣedzeƒe,
heyɔe le dzɔdzɔenyenye me be wòatsɔ dɔ nɛ?
Etsɔ dukɔwo de asi nɛ, eye wòfanya fiawo le eŋkume.
Etsɔ eƒe yi wɔ wo wozu kewɔ,
eye wòtsɔ eƒe aŋutrɔ wɔ wo w... | |
25-cd2c372757b1bd04c6071fc518d46983.mp3 | Ale, wòva eme le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be Babilonia fia Nebukadnezar kplɔ eƒe aʋakɔ blibo la va ɖe to ɖe Yerusalem du la. Woƒu asaɖa anyi ɖe du la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
Le ɣleti enelia ƒe ... | |
20-6f5a0fd2f272191fc5a3d9e835adf730.mp3 | Le ƒe adrelia ƒe ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia gbe la, Israel ƒe ametsitsi aɖewo va gbe bia ge Yehowa, eye wonɔ anyi ɖe nye ŋkume.
Tete Yehowa ƒe nya va nam be, “Ame vi, ƒo nu na Israel ƒe ametsitsiwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ. Nyee mieva gbe bia gea? Meta nye agbe be nyemana miabia gbem... | |
2-15411484410476d5f2e35f98a0da1370.mp3 | Yosua, Nun ƒe vi la dɔ ŋkutsala eve tso Israelviwo ƒe asaɖa la me le Sitim be
woatso tɔsisi la, eye woalé ŋku ɖe nuwo ŋu le afi ma le adzame, vevietɔ le
Yeriko. Ŋkutsalawo yi ɖadze gbolo aɖe si ŋkɔe nye Rahab la gbɔ. Wodi be yewoanɔ
afi ma ŋkeke eve, ke ame aɖewo yi ɖagblɔ na Yeriko fia be, Israelvi eve, ame
siwo ɖi ŋk... | |
2-37b4e12d656cad193e2f4ee5c928893e.mp3 | Esia ta ele na mi be miaɖo to nyateƒenya siwo katã miese la nyuie, ne menye
nenema o la, miate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ. Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la
nye nyateƒe, eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na
la, aleke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si
Aƒetɔ... | |
31-89b86557a615f33cdf8c79e5c16e80c4.mp3 | Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi. Filistitɔwo ɖe Saul kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua. Aʋa la nu sẽ ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie.
Saul gblɔ na eƒe akpox... | |
14-518adb9a333a837f59d7109c04d1a8e3.mp3 | Bometsila gblɔna le eƒe dzi me be,
“Mawu aɖeke meli o.”
Wonye ame tovowo, eye woƒe nuwɔnawo nye ŋunyɔnu;
ame ɖeka hɔ̃ɔ hã mele wo dome si wɔa nu nyui o.
Yehowa bi kɔ kpɔ amegbetɔviwo ɖa tso dziƒo,
be wòakpɔe ɖa be nugɔmesela aɖe le wo dome,
eye wòdia Mawu vevie mahã?
Wo katã wodze ɖe aga,
wo katã tim wogblẽ;
ame aɖeke... | |
8-10aa3d293ce7f769894fec6cc6fd5eb2.mp3 | Miaƒe biabia bubu hã ku ɖe nuɖuɖu siwo woɖa tsɔ sa vɔe na legbawo. Enye nyateƒe
be nunyalawoe mí katã míenye. Nunya hea ɖokuidodoɖedzi vanɛ, ke lɔlɔ̃ tua amewo
ɖo. Ne ame aɖe susu be yenya nane la, nenyae be menya nu abe ale si wòle be
wòanyae la ene o. Ame si lɔ̃a Mawu le anukware me la, eyae Mawu hã nyana. Mina
míatr... | |
8-06380c2c9457e02e5d7de653efef85a8.mp3 | Mawu meŋlɔ Noa kple lã siwo katã nɔ aɖakaʋu la me be o. Ena ya aɖe ƒo to tsi la
dzi, eye tsiɖɔɖɔ la de asi miemie me, elabena tsi si ŋɔ tso tome la nu tso, eye
tsidzadza la ke. Tsi la de asi miemie me vivivi le anyigba dzi. Le ŋkeke alafa
ɖeka blaatɔ̃lia ƒe nuwuwu la, tsi la mie keŋ, eye le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke
wuiad... | |
15-54a604ea93f80cb0a4763f85ccefbae8.mp3 | Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnabas wonɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va
Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam xɔsetɔawo be ehiã vevie be woatso aʋa
na wo ɖe Mose ƒe kɔnuwo nu hafi woakpɔ ɖeɖe. Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya
sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la
ɖe hame... | |
12-7c72ad53549fd973cc02079c77849be3.mp3 | Esi wòsusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, Yesu va ɖo Betania si nye
Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me. Woɖo fiẽnuɖukplɔ̃
na Yesu le afi sia. Marta subɔ Yesu le kplɔ̃ la ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple
Yesu. Esi wonɔ nu ɖum la, Maria tsɔ amiʋeʋĩ xɔasi aɖe vɛ, eye wòsii na Yesu ƒe
afɔwo... | |
5-80517e2f8be7141622f58345934dd4f5.mp3 | Filistitɔwo tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la tso aʋagbe la dzi le Ebenezer yi woƒe mawu Dagon, ƒe gbedoxɔ me le Asdod eye wodae ɖe Dagon gbɔ. Esi ame aɖewo yi be yewoakpɔe ɖa le ŋdi la, wokpɔ be Dagon dze anyi eye wòtsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋkume! Wofɔe da ɖe eteƒe ke esi ŋu gake la, egadzɔ nenema tututu: leg... | |
8-c95181a2d670c91a3fec765b42a0b53a.mp3 | Ɖe nànɔ nam abe nɔviŋutsu
si no danye ƒe no la ene!
Ekema ne medo go wò le kpɔdome la,
magbugbɔ nu na wò,
eye ame aɖeke mado vlom o.
Makplɔ wò adzoe, ayi ɖe danye,
ame si fia num la ƒe aƒe me.
Mana wain si me wode atike ʋeʋĩi
kple atɔtɔŋutitsi la wò nàno.
Eƒe miabɔ le nye ta te,
eye wòtsɔ eƒe ɖusibɔ kpla kɔ nam.
Yerusa... | |
7-10ffc26dd87c45ec603ee11a79e51794.mp3 | Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ ɖa, mewɔ wò abe Mawu ene na Farao, eye nɔviwò ŋutsu
Aron abe wò nyagblɔɖila ene. Gblɔ nu sia nu si ƒe se mede na wò la na Aron. Eya
agblɔe na Farao, eye wòabia be Farao naɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le Egipte.
Ke mana Farao nasẽ dzi me, agbe. Ekema magawɔ dzesi dziŋɔ geɖewo le Egiptenyig... | |
6-201a185d9dba62949dc78aff14bae208.mp3 | Azɔ nu ka gblɔ ge míala? Ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi be Mawu nanɔ nublanui kpɔm
na mí to míaƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔke mea? Gbeɖe! Aleke mí ame siwo ku na nu vɔ̃ la
aganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã? Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta
na le Kristo Yesu me la, wodee na mí ɖe eƒe ku me oa? Eya ta esi wode mawutsi ta
... | |
122-e4f5c11cf557e1fe30cf05d63ad0bc30.mp3 | Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be,
“Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.”
O! Yerusalem,
míaƒe afɔwo le wò agbowo nu.
Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe
wo nɔewo nu ene.
Afi ma to vovovoawo yina,
Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa,
le ɖoɖo si wòna Israel nu.
Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo,
David ƒe aƒe la ƒe fi... | |
5-cf1b45c0d5b3f0946802082f53a0b69a.mp3 | Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye
migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku kɔ na mi azɔ o. Mide dzesi nye nyawo! Nye
Paulo, mele egblɔm na mi be ne mieɖe mɔ wotso aʋa na mi la, ekema viɖe aɖeke
manɔ Kristo ŋu na mi o. Megale egblɔm ake na ame sia ame si lɔ̃ wotso aʋa nɛ la
be ele nɛ ... | |
123-a111a3b268c54d8ea2567c87349c3236.mp3 | Mewu mo dzi na wò,
wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo.
Abe ale si kluviwo kpɔa woƒe aƒetɔ ƒe asinu
kple kosiviwo ƒe ŋku nɔa woƒe aƒenɔ ƒe asinu kpɔmii ene la,
nenemae míele Yehowa, míaƒe Mawu la
ƒe asinu kpɔmii, va se ɖe esime wòakpɔ nublanui na mí.
O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí,
O! Kpɔ míaƒe nublanui,
elabena míenɔ te ɖ... | |
30-03cb58993a2a14a2e730fc34750324f5.mp3 | Mose gblɔ na Israelviwo ƒe towo ƒe tatɔwo be, “Se si Yehowa de lae nye esi. Ne
ame aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa alo ka atam hetsri nane na eɖokui la, mele be wòada
le eƒe nya dzi o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe nya sia nya si wògblɔ la dzi. “Ne nyɔnu
aɖe, si nye ɖetugbi le fofoa ƒe aƒe me ɖe adzɔgbe na Yehowa be yeawɔ nane alo
y... | |
16-ed31778b2396f563ef8734452d93216b.mp3 | “Ɖo ŋku edzi nàɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ me, elabena ɣleti ma mee
Yehowa, wò Mawu la kplɔ mi dzoe le Egipte le zã me. Wò Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe
vɔsa nanye alẽwo loo alo nyiwo, eye nàsa vɔ la na Yehowa, wò Mawu la le kɔkɔeƒe
la. Miɖu vɔsalã la kple abolo maʋamaʋã. Ɖu abolo maʋamaʋã ŋkeke adre abe ŋkuɖoɖo
a... | |
22-b2f74f11f6205404440c8170300158ae.mp3 | Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be,
“Ɖe ame anye viɖenu na Mawua?
Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa?
Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe?
Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o?
“Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wò
hetsɔ nya ɖe ŋuwòa?
Ɖe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa?
Ɖe nuwuwu li na wò nu vɔ̃woa?
Èbia m... | |
10-cdf449724ca8b6f0a88e513df22607fe.mp3 | Ke Aron ƒe viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, ɖe dzo makɔmakɔ ɖe woƒe dzudzɔdosonuwo
me, ɖe dzudzɔdonu kɔ ɖe dzo la dzi, eye wodo dzudzɔ na Yehowa. Nu sia mesɔ ɖe se
si Yehowa de na wo la dzi o, eya ta dzo tso Yehowa gbɔ, eye wòtsrɔ̃ wo; ale woku
le Yehowa ŋkume. Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be,... | |
4-71312d3bdc1d5a12365dc26ce101d35b.mp3 | Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃awo, melɔ̃ mi, eye medi vevie be mava kpɔ mi ɖa, elabena
miawoe nye nye dzidzɔkpɔkpɔ kple nye fiakuku si maxɔ ɖe nye dɔwɔwɔwo ta. Eya ta
xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, minɔ te sesĩe le Aƒetɔ la me. Meɖe kuku na Ewodia, eye mele
kuku ɖem na Sintike hã be woƒe tamesusu nanɔ ɖeka le Aƒetɔ la me. Megale biabiam
tso m... | |
3-45886b852e188506414297d73dfae617.mp3 | Eye megblɔ be:
“Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo.
Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum.
Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ
gake miawo boŋue gbe nu le nyui gbɔ eye mielɔ̃ vɔ̃.
Mievuvu ayi le nye amewo ŋu
ye mievuvu lã le woƒe ƒuwo ŋuti.
Mieɖu nye amewo katã ƒe lã,
vuvu ayi le wo ŋuti, gbã ƒu ɖe lãme na wo
eye miefli w... | |
10-d1d5773d5fe51f8dcb6e28b7d5337eab.mp3 | Esi Adoni Zedek, Yerusalem fia se ale si Yosua xɔ Ai du, tsrɔ̃e gbidigbidi, eye
wòwu Ai fia kple ale si wòwɔ Ai fia kple Yeriko fia kpakple ale si Gibeontɔwo wɔ
nubabla kple Israelviwo, eye wozu Israel dzi nɔlawo la, vɔvɔ̃ gã aɖe ɖoe,
elabena Gibeon lolo abe fiadu ene, eye wòlolo sãa wu Ai, evɔ Gibeontɔwo nye
aʋawɔla s... | |
36-da661397dd86c8fadbda94fde776532d.mp3 | Le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Yehowa ƒe nya sia va na Yeremia be, “Tsɔ lãgbalẽ nàŋlɔ nu siwo katã megblɔ na wò tso Israel, Yuda kple dukɔ bubuwo ŋuti la ɖe edzi. Ŋlɔe tso gbe si gbe medze nuƒoƒo kpli wò le Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me dzi va se ɖe fifia. Ɖewohĩ ne Yudatɔwo ase gb... | |
24-a9630d94ba865e88f3b2a89f8fe4e328.mp3 | “Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ ƒe nu meganyo eŋu o la, ŋutsu la aŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ atsɔ na
srɔ̃a, eye wòanyae. Ne nyɔnu la gaɖe srɔ̃, eye srɔ̃a evelia hã gagbee alo ku la,
srɔ̃ŋutsu gbãtɔ mekpɔ mɔ agaɖee o, elabena ŋutsu la do ŋunyɔ nyɔnu la kpɔ. Nu
sia ahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi. “Ne ŋutsu aɖe ɖe
srɔ̃... | |
2-c736731f5ecb171826efef726dbaa7ba.mp3 | Gbe ɖeka, le ɣleti enelia me le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaevelia me, esi menɔ wain kum na fia la la, fia la biam be, “Nu ka ta nèlé blanui ale, evɔ mèhele dɔ lém o? Esia menye naneke wu dzi ƒe nuxaxa o.” Megblɔ na fia la be, “Fia nenɔ agbe tegbee.”
Fia la biam be, “Ekema nu ka woawɔ na wò?”
Medo gbe ɖa na dziƒ... | |
6-ff6f78cad2ef105aeeda964b86b73699.mp3 | “Mikpɔ nyuie be miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyedɔwo le amewo ƒe ŋkume be woakpɔ o.
Ne miewɔe nenema la, miaxɔ fetu aɖeke tso mia Fofo si le dziƒo la gbɔ o. “Eya ta
ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna
le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na
mi... | |
32-02757122c823aa949cdf4011f3297fef.mp3 | Woayra ame si wotsɔ eƒe dzidadawo kee,
eye wotsyɔ nu eƒe nu vɔ̃wo dzi.
Woayra ŋutsu si Aƒetɔ la meɖe vodada na o,
eye alakpa mele eƒe gbɔgbɔ me o.
Esi mezi ɖoɖoe la,
nye ŋeŋe atraɖii ŋkeke blibo la katã na nye ƒuwo nyunyɔ.
Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye zã
kple keli katã, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye
abe dzomeŋɔli ƒe dzoxɔxɔ mee... | |
3-e9561206ca20744ca74e88a999f1a504.mp3 | Solomo wɔ ɖeka kple Farao, Egipte fia eye wòɖe via nyɔnu aɖe. Ekplɔe va David ƒe du la me va se ɖe esime wòawu eƒe fiasã la kple Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu kple gliɖoɖo ƒo xlã Yerusalem nu. Le ɣe ma ɣi la, Israel saa vɔ le vɔsamlekpuiwo dzi le toawo dzi elabena wometu Yehowa ƒe gbedoxɔ haɖe o. Fia Solomo lɔ̃ Yehowa eye ... | |
30-3b5138025ac33749cce672dc9886b347.mp3 | Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe.
Esi David kple eƒe amewo kpɔ du la ƒe gbagbã kple nu si dzɔ ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo dzi la, wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo. David s... | |
4-c99d621914910360dc26b76494ea8c5d.mp3 | Tete Temanitɔ Elifaz ɖo eŋu na Hiob be,
“Ne ame aɖe te kpɔ be yeaƒo nu kpli wò la,
ɖe nàgbɔ dzi ɖi aseea?
Ke ame kae ate ŋu azi ɖoɖoe le nu sia ŋuti?
Bu ale si nèfia nu ame geɖewo
kple ale si nèdo ŋusẽ asi beliwoe ŋuti.
Wò nyawo lé ame siwo yina anyi dze ge la ɖe te
eye nèdo ŋusẽ klo beliwo.
Ke azɔ la, dzɔgbevɔ̃e va dz... | |
10-cf7f4a2eaa5cbd22370f7a18ddd25064.mp3 | Esi Ezra nɔ gbe dom ɖa, nɔ nu vɔ̃ me ʋum, nɔ avi fam, eye wòtsɔ eɖokui nɔ xaxlãm ɖe anyi le Mawu ƒe aƒe la ŋkume la, Israelviwo ƒe ameha gã aɖe, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Woawo hã wofa avi vevie. Tete Yehiel ƒe vi, Sekania, Elam ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, gblɔ na Ezra be, “Míeto nyateƒe na míaƒe M... | |
15-cff5b0168f8d1024590cd9058de6998b.mp3 | Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu,
ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.
Nunyalawo ƒe aɖe ɖea gɔmesese fiana,
gake bometsinyawo dona tso bometsila nu glẽglẽglẽ.
Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi
eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo
kple ame nyuiwo siaa ŋu.
Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti,
ke alakpaɖe gbãa ... | |
14-f0175b7e08f8ea954d14a7077ec66cf5.mp3 | Abiya ku eye woɖii ɖe David ƒe du la me. Via ŋutsu, Asa, zu fia ɖe eteƒe eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe ŋkekewo me la, ŋutifafa nɔ dukɔ la me ƒe ewo sɔŋ elabena Asa wɔ nu si dza le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe ŋkume. Egbã trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpui siwo nɔ togbɛawo dzi kple woƒe aƒeliwo, emu Aserim legbawo ƒu anyi eye wòɖe gbe be, d... | |
19-23f2dd26263ba5dcd1402a08ccd69002.mp3 | “Dze konyifaha aɖe gɔme, eye nàgblɔ be,
“ ‘Dzatanɔ kae dawò nye le dzatawo dome?
Emlɔ dzataviwo dome, eye wònye viawo.
Ehe viawo dometɔ ɖeka wòtsi hezu dzata sesẽ aɖe.
Esrɔ̃ nuléle, eye wòléa amewo vuvuna.
Dukɔwo se eŋkɔ ɖe do nɛ, wòge ɖe eme,
wolée, de ga ŋɔtime nɛ, eye wokplɔe yi Egiptenyigba dzi.
“ ‘Esi dzatanɔ la ... | |
9-2fb3820208d882fc4f72bb0719c44ff6.mp3 | Yesu gatrɔ ge ɖe ʋua me, eye wòtso ƒua va Kapernaum, si nye wo dedu me. Eɖo afi
ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi
vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye,
wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala
aɖew... | |
18-23ad0cba7d18074b1d125df2c0e1bb7b.mp3 | Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe, le ƒe etɔ̃lia me la, Yehowa ƒe nya va na Eliya be, “Yi nàtsɔ ɖokuiwò afia Ahab eye mana tsi nadza ɖe anyigba dzi.”
Ale Eliya ɖagblɔe na Fia Ahab. Le ɣeyiɣi sia me la, dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Samaria. Ame si kpɔa Fia Ahab ƒe aƒemenyawo dzi lae nye Obadiya, ame si nye mawuvɔ̃la aɖe. Eva eme be fia... | |
9-ee38b4ce0389464410d998b13ce041a0.mp3 | Esi Seba fianyɔnu se ale si Fia Solomo ƒe ŋkɔ ɖi hoo la, eva Yerusalem be yeadoe akpɔ kple biabia sesẽwo. Ekplɔ eŋume kple subɔla geɖewo ɖe asi eye wòtsɔ atike ʋeʋĩwo, sika kple kpe xɔasiwo ɖe kposɔ geɖewo dzi vɛ fũu eye wòƒo nu kple fia la tso nu siwo katã nɔ eƒe susu me la ŋuti. Fia Solomo te ŋu ɖo eƒe biabiawo katã ... | |
65-220d11a53db463263dd4c3410550d221.mp3 | “Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o,
eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye.
Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be,
‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’
Ŋkeke blibo la katã mekeke
nye abɔwo me na dukɔ sẽto,
ame siwo zɔna le mɔ manyomanyowo dzi
hedzea wo ŋutɔ ƒe susuwo yome la.
Ame siwo le dɔmedzoe dom nam
ɣe sia ɣi ɖe... | |
5-5260bab93b9062982649244700760486.mp3 | “O! Israel ƒe aƒe, metsɔ blanuiléle dzi konyifaha sia na wò:
“Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o.
Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi,
eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o,
elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be,
‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la,
ame alafa ɖeka koe agbɔ,
eye du si ɖo a... | |
3-38a38a3f8e941498b621045f2fa67572.mp3 | Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, mabia tso mia si be miado gbe ɖa ɖe mía ta. Mido gbe
ɖa gbã be Aƒetɔ la ƒe nya la nakaka ɖe afi sia afi kaba, eye wòakpɔ dziɖuɖu le
afi sia afi si wòkaka ɖo, ale be wòaɖe ame geɖewo abe ale si wòdzɔe esi míeva
mia gbɔ la ene. Mido gbe ɖa hã be míado go le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me, elabena
menye ... | |
11-e8a8a35c2cfd8ad9778768a698d46a5b.mp3 | Na nu amewo faa
elabena wò nunana atrɔ ava wò ŋutɔ
gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe.
Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me
elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe
le ŋkeke siwo ava la me.
Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana.
Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la,
etsia afi si wòdze.
Ame si léa ... | |
26-76c515c7c3d029b03d7e63418cecc959.mp3 | Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò nu mase.” Ale Paulo
do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu gblɔ be, “Fia Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe
nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu na wò le nu siwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye
tsom la ŋuti, elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo ŋu tsitotsito.
Azɔ ... | |
5-37dac4113510ca67819897060fb46703.mp3 | Azɔ la Naaman nye Aram fia ƒe aʋakplɔla. Ede ŋgɔ eye bubu nɔ eŋu le eƒe aƒetɔ gbɔ elabena eya dzie Yehowa to ɖu dzi geɖe na Aram. Enye asrafo kalẽtɔ gã aɖe gake enɔ kpodɔ lém.
Adzoha aɖewo tso Aram va da adzo le Israelnyigba dzi eye nyɔnuvi sue aɖe le ame siwo wolé la dome. Nyɔnuvi sia zu Naaman srɔ̃ ƒe subɔla. Azɔ la,... |
End of preview. Expand in Data Studio
- Downloads last month
- 45