Dataset Viewer
Auto-converted to Parquet Duplicate
Audio
stringlengths
109
111
Transcript
stringlengths
166
12k
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Agbalẽ sia tso nye, Paulo si le ga me ɖe Kristo Yesu ta kple mía nɔviŋutsu Timoteo gbɔ, Na Filemon, mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ kple hadɔwɔla kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo, mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kple hame si kpea ta le aƒewò me. Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi. ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ŋutega si Obadia kpɔ. 1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi: Míese gbe tso Yehowa gbɔ be, wodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be, “Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!” “Edom, kpɔ ɖa, mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie. Wò dzi ble wò, eye nèdana elabena èle agakpewo tome, eye nèle togbɛwo ta...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ɣleti enyilia me le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, gbe tso Yehowa gbɔ va na Nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be, “Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie, eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!’ Miganɔ abe ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ ŋutsu aɖe wòlé nudzidzeka ɖe asi. Mebiae be, “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be, “Meyina be madzidze Yerusalem, ne makpɔ eƒe kekeme kple eƒe didime.” Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la dzo le gbɔnye, eye mawudɔla bubu zɔ va kpee. Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ŋutega bubu me la, Yehowa ɖe Yosua, nunɔlagã la fiam, wònɔ tsitre ɖe Yehowa ƒe dɔla la gbɔ, evɔ Satana hã nɔ afi ma nɔ tsitre ɖe mawudɔla la ƒe nuɖusime nɔ Yosua nu tsom. Yehowa gblɔ na Satana be, “Yehowa ka mo na wò, Satana! Yehowa, ame si tia Yerusalem la ka mo na wò! Ɖe ame sia mele abe dzoti bibi si woɖe le dzo ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mawudɔla si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm abe ɖe menɔ alɔ̃ dɔm ene. Ebiam be, “Azɔ la, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu be, “Mele sikakaɖiti si dzi wotsɔ agba da ɖo, eye akaɖi adre le agba sia tame, alɔ adre siwo me do le la to akaɖiti ɖe sia ɖe me ge ɖe agba la me. Amiti eve le axawo dzi nɛ; ɖeka le ɖusime, evelia le miam...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Megawu mo dzi eye mekpɔ agbalẽ aɖe wònɔ dzodzom le yame. Mawudɔla la biam be, “Nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ agbalẽ aɖe si le dzodzom! Agbalẽ la ƒe didime nye afɔ blaetɔ̃ eye eƒe kekeme nye afɔ wuiatɔ̃.” Eye wògblɔ nam be, “Agbalẽ siae nye fiƒode si le tsatsam le anyigba la katã dzi. Agbalẽ la ƒe akpa ɖeka le gbɔgb...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Megafɔ kɔ dzi, eye mekpɔ tasiaɖam ene wogbɔna tso to eve dome; to siawo le abe akɔbliga ene. Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ hem, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia hem. Sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia hem, eye sɔ ŋɔŋɔewo le tasiaɖam enelia hem kple ŋusẽ. Mebia mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?” ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Fia Darius ƒe ƒe enelia me, le dzinu asiekɛlia si nye Kislev ƒe ŋkeke enea gbe la, Yehowa ƒe gbe va na Zekaria. Ame siwo le Betel la dɔ Sarezer, Regen Melek kple wo ŋutimewo be woaɖe kuku na Yehowa to nunɔlawo kple nyagblɔɖila siwo le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me la dzi be, “Ɖe wòhiã be mafa avi, at...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedeasi gava nam be, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, “Meʋã ŋu ɖe Zion nu vevie, eye medo dɔmedzoe, ʋã ŋu ɖe enu vevie.” Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matrɔ ayi Zion, eye manɔ Yerusalem, ekema woayɔ Yerusalem be Nyateƒedu, eye woayɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe to la be, T...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe nya tsi tsitre ɖe Hadraknyigba ŋu, eye ava Damasko hã dzi, elabena Yehowa ƒe ŋku le amewo kple Israel ƒe toawo katã ŋu. Ava Hamat si ƒo xlãe la hã dzi, eye ava Tiro kple Sidon hã dzi togbɔ be wodze aye ale gbegbe hã. Tiro tu mɔ sesẽ na eɖokui, eli kɔ klosalo abe ʋuʋudedi ene, eye nenema ke sika bɔ abe ke si l...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mibia Yehowa wòana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, elabena Yehowae nana tsi ɖona. Enana tsi dzana na amewo, eye wònana nukuwo miena ɖe bo dzi na ame sia ame. Legbawo blea ame, bokɔnɔwo kpɔa ŋutega siwo mele eteƒe o, wokua drɔ̃e siwo nye aʋatso, eye wogblɔa akɔfanya siwo mevaa eme o. Eya ta ameawo le tsaglalã tsam abe alẽ ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“O Lebanon, ʋu wò agbowo da ɖi siaa be dzo nabi wò sedatiwo! Mifa avi, O logotiwo elabena sedati mu dze anyi, ati gãwo tsrɔ̃! Mi ati sesẽ siwo le Basan, mifa avi, elabena wolã avetsuawo ƒu anyi! Miɖo to alẽkplɔlawo ƒe avifafa, elabena woƒe lãnyiƒe damawo tsrɔ̃. Miɖo to dzatawo ƒe xɔxlɔ̃, elabena Yɔdan ƒe ave damawo tsr...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖe Israel ŋu, Yehowa si wɔ dziƒo kple anyigba, eye wòwɔ gbɔgbɔ de ame me, eyae gblɔ be, “Mawɔ Yerusalem wòanye kplu si ne ame siwo ƒo xlãe noe la, woamu. Woaɖe to ɖe Yuda kple Yerusalem. Gbe ma gbe ne dukɔ siwo katã le anyigba dzi ƒo ƒu ɖe eŋuti la, mawɔ Yerusalem wòanye agakpe si meʋ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
“Gbe ma gbe la, vudo aʋu na David ƒe aƒe la kple Yerusalem nɔlawo be woaklɔ wo ŋuti tso vɔ̃ kple ɖiƒoƒowo katã me. “Gbe ma gbe la, maɖe legbawo katã ƒe ŋkɔ ɖa le anyigba la dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Maɖe nyagblɔɖilawo kple makɔmakɔnyenye ƒe gbɔgbɔ ɖa le anyigba...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa ƒe ŋkeke gbɔna esi woama wò nuhahawo na mi. Maƒo dukɔwo katã nu ƒu be woava awɔ avu kple Yerusalem, woaxɔ du la, woalɔ aƒewo katã ƒioƒioƒio, eye woalé nyɔnuwo sesẽtɔe adɔ kpli wo. Woakplɔ du la ƒe afã ayi aboyo mee, gake ame mamlɛawo atsi dua me. Ekema Yehowa ado, awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe ale si wòwɔa aʋae le...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiawoe nye Nyagblɔla Solomo, Fia David si nɔ Yerusalem la ƒe viŋutsu ƒe nyawo: Le nye nugɔmesese nu la, viɖe aɖeke mele naneke ŋu o; nu sia nu nye tofloko ko. Viɖe kae ame kpɔna tso agbagba siwo katã wòdzena le ɣea te la me? Dzidzime ɖeka nu va yina eye bubu vana, ke anyigba ya ganɔa anyi nenema ko tegbee. Ɣe hã dzen...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko elabena megblɔ be enye movidzɔdzɔ be woanɔ nu kom ɖaa; nyui kae doa go tso eme? Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ɣeyiɣi li na nu sia nu, eye azã li na tameɖoɖowo katã le dziƒoa te. Amedziɣi li, eye kuɣi li. Nudoɣi li, eye nuxaɣi li. Amewuɣi li, eye gbedaɣi li. Nugblẽɣi li, eye nudzraɖoɣi li. Avifaɣi li, eye nukoɣi li. Konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li. Kpekakaɣi li, eye kpeƒoƒuɣi li. Asikplakɔɣi li, eye asiɖelekɔɣi li. Nudiɣi li, eye ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi. Ale mebu be ame kukuwo tɔ nyo sãa wu agbagbeawo tɔ eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la, woawoe nye ame siw...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ne èle gegem ɖe gbedoxɔ me la, ke wò towo ɖi eye nàmia wò nu! Mèganye bometsila si menyana gɔ̃ hã be enye nu vɔ̃ be nàɖe adzɔgbe na Mawu tamemabumabutɔe o, Wò nu megatsɔ blablabla o, eye wò dzi megatsɔ ne wòaƒo nu le Mawu ŋkume o, elabena Mawu le dziƒo ke, le esime wò ya nèle anyigba dzi le afii eya ta mègaƒo nu blabla...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ke meganya nu tso nya sesẽ aɖe ŋu le afi sia afi. Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe. Ne viŋutsu a...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ŋkɔ nyui xɔ asi wu amiʋeʋĩ xɔasitɔ kekeake. Ame ƒe kugbe nyo wu eƒe dzigbe! Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede elabena èle kuku ge eye enye nu nyui be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò. Nuxaxa nyo wu nukoko elabena blanuiléle wɔa dɔ nyui ɖe mía dzi. Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu. Ne ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ame kae le abe nunyala ene? Ame ka ate ŋu aɖe nuwo gɔme? Nunya nana ame ƒe mo klẽna eye wòtrɔa eƒe dzedzeme kplala la. Mebe nàɖo to fia la, elabena èka atam aɖe le Mawu ŋkume Mèganɔ kplakplakpla dzi be yeadzo le fia la ŋkume o. Mègade nya madzɔmadzɔ dzi o, elabena awɔ nu sia nu si adze eŋu. Ŋusẽ gã aɖe da megbe na fia...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie, eye mede dzesii be ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kple woƒe dɔwɔwɔwo katã le Mawu ƒe asi me. Ame aɖeke menya ne ave wo nu loo alo mave wo nu o. Esiawo katã le wo ŋgɔ. Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Nudzodzoe kukuwo ana amiʋeʋĩ si ʋẽna lĩlĩlĩ la ƒe atukpa blibo ɖeka gɔ̃ hã naʋẽ kũu! Ɛ̃, vodada sue aɖe ate ŋu agblẽ nunya geɖe kple bubu gã me. Nunyala ƒe dzi nana wòwɔa nyui ke bometsila ƒe dzi nana wòwɔa nu vɔ̃. Àte ŋu adze si bometsila le ale si wòle zɔzɔm le ablɔ dzi la me! Ne wò amegã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la, mèga...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Na nu amewo faa elabena wò nunana atrɔ ava wò ŋutɔ gbɔwò gbe aɖe gbe emegbe. Ma wò nunanawo ɖe akpa adre alo akpa enyi me elabena ɖewohĩ wò ŋutɔ ahiã kpekpeɖeŋu geɖe le ŋkeke siwo ava la me. Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana. Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la, etsia afi si wòdze. Ame si léa ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo. Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli, ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti, eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe, elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime tsitsi ana wò afɔwo kple abɔwo nadzo nyanyanya...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiawoe nye gbedeasi siwo Yesaya, Amoz ƒe vi, xɔ tso Yehowa gbɔ le ŋutega me, tso nu siwo ava dzɔ ɖe Yuda kple Yerusalem dzi la ŋuti. Exɔ gbedeasi siawo le Yuda fiawo, Uzia, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. O! Dziƒo kple anyigba, miɖo to miase nya si gblɔm Yehowa le. Yehowa be: “Ɖevi siwo menyi hekplɔ wo kple beléle la...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye gbedeasi bubu si Yesaya, Amoz ƒe vi la, xɔ tso Yehowa gbɔ, tso Yuda kple Yerusalem ŋuti. Le ŋkeke mamlɛawo me la, woaɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la gɔme anyi ɖe eƒe to la dzi, be wòanye to si aƒo towo katã ta, woakɔe ɖe dzi wòagbɔ togbɛwo katã ta, eye xexemedukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. Ame geɖewo ava agblɔ be, “Miva ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, aɖo asi Yerusalem kple Yuda ƒe nuɖuɖu kple tsi ƒe kpɔtsoƒewo kple dzikpɔkpɔ dzi. Aɖo asi nuɖuɖu kple tsinono siwo katã wònaa wo la dzi. Aɖo asi eƒe kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo, afakalawo kple dumegãwo, ame blaatɔ̃wo: ƒe amegãwo, amegã bubuwo, aɖaŋ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ma gbe la, nyɔnu adre aku ɖe ŋutsu ɖeka ŋu ahagblɔ be, “Míaɖu míawo ŋutɔ ƒe nu, eye míatso avɔ na mía ɖokuiwo. Na woayɔ wò ŋkɔ ɖe mía ŋu ko, nàɖe míaƒe ŋukpe ɖa.” Gbe ma gbe la, Yehowa ƒe Atilɔ anya kpɔ, eye ŋutikɔkɔe anɔ eŋu. Anyigba ƒe kutsetse anye dada kple ŋutikɔkɔe na ame siwo susɔ ɖe Israel. Ame siwo susɔ ɖ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Azɔ mele ha dzi ge na nye lɔlɔ̃tɔ tso eƒe waingble ŋuti. Waingble aɖe le nye lɔlɔ̃tɔ si le togbɛ si nyoa nuku la dzi. Edzobo eme heɖe kpewo le eme, eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme. Etu gbetakpɔxɔ ɖe agble la titina, eye wòtu wainfiaƒe hã ɖe afi ma. Ele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wotse wain vevewo. “Azɔ, Yerusa...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe si me Fia Uzia ku la, mekpɔ Aƒetɔ la wònɔ fiazikpui nyui kɔkɔ aɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la katã me. Serafi siwo aʋala ade li na la le etame. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ woƒe afɔwo, eye wotsɔ eve bubu le dzodzomii. Wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gbɔ be, “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe A...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Yuda fia, Ahaz, Uzia ƒe vi, Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli la, Siria fia Rezin kple Israel fia, Peka, Remalia ƒe vi, woho aʋa va dze Yerusalem dzi, gake womete ŋu xɔ du la o, du la gale te ko. Azɔ wogblɔ na David ƒe aƒe la be, Siria wɔ ɖeka kple Efraim, eya ta Ahaz kple dukɔ la katã ƒe dzi ʋuʋu abe ale si ya ʋuʋua avemeti...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi bena aboyonu, afɔnetsɔ, nuhaha, va kaba. Mayɔ nunɔla Uria kple Zekaria, Yeberekia ƒe vi be woanye ɖasefo wɔnuteƒewo nam.” Ale mete ɖe nyɔnu nyagblɔɖila ŋu, eye wòfɔ fu hedzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ nam be, “Mana ŋkɔe be Aboyonu, Afɔnetsɔ, Nuhaha, Va Kaba. Hafi ɖe...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Ke hã la, blukɔdodo ƒe ɣeyiɣi kple dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi manɔ anyi ɖikaa o. Tsã la, èbɔbɔ Zebulonyigba kple Naftalinyigba ɖe anyi. Ke le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la, ade bubu dukɔ siwo le Ƒutamɔ dzi kple esiwo le Yɔdan godo la ŋu. Dukɔ si le viviti me zɔm la kpɔ kekeli gã aɖe, ame siwo le blukɔ tsiɖitsiɖi ƒe anyigba dzi l...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo, ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi, be woaxɔ nu si nye ame dahe tɔ la le esi, woada adzo dzɔdzɔenyenye le ame teɖeanyiwo si, woaɖe aboyo ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo. Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble mi...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Atilɔ aɖe adze tso Yese ƒe ke me; tso eƒe ke me la, atilɔ aɖe atse ku. Yehowa ƒe Gbɔgbɔ anɔ eya amea dzi, nunya kple gɔmesese ƒe gbɔgbɔ; aɖaŋudede kple ŋusẽ ƒe gbɔgbɔ kple sidzedze kple Yehowavɔvɔ̃ ƒe gbɔgbɔ, eye Yehowavɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nu si eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu, alo atso nya me ɖe nu si eƒe to...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ɣe ma ɣi la, àgblɔ be, “Makafu wò, O! Yehowa, togbɔ be èdo dɔmedzoe ɖe ŋunye tsã hã la, wò dɔmedzoe nu yi, eye nèfa akɔ nam. Nyateƒe, Mawu nye nye xɔname. Maɖo dzi ɖe eŋu, eye nyemavɔ̃ o. Ɛ̃, Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye hadzidzi, eye eyae zu nye xɔname Miadu tsi le xɔname ƒe vudowo me kple dzidzɔ.” Le ŋkeke ma dzi...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti. Mitu aflaga ɖe togbɛ ƒuƒlu tame. Mido ɣli yɔ nye aʋawɔlawo. Mimia asi wo, be woage ɖe bubumewo ƒe agbowo me. Meɖe gbe na nye aʋawɔla, meyɔ nye kalẽtɔwo be woaɖe nye dɔmedzoe afia, ame siwo tsoa aseye ɖe nye dziɖuɖu ŋu. Miƒu to anyi, ɣ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa akpɔ nublanui na Yakob, aʋu ʋɔ atia Israel, eye wòatsɔ wo aɖo woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Dukɔ bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋuti, eye woawɔ ɖeka kple Yakob ƒe aƒe la. Dukɔwo akplɔ wo va woawo ŋutɔ nɔƒee. Dukɔwo kple dɔlanyɔnuwo le Yehowa ƒe aƒe la dzi. Ale woalé ame siwo ɖe aboyo wo la, eye woaɖu gã ɖe ame siwo te wo ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Moab ŋu: woatsrɔ̃ Ar le Moab, woagbãe le zã! Woatsrɔ̃ Kir le Moab, woagbã wo le zã! Wò ame siwo le Dibon la lũ ta kolikoli, eye wolũ woƒe ge hã hele konyi fam vevie, eye woyi ɖe woƒe mawu Nebo kple Medeba ƒe gbedoxɔwo me ne woafa na wo. Wo katã wota akpanya hele zɔzɔm le mɔtatawo dzi; wo katã wol...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Miɖo alẽviwo ɖe anyigbadziɖula la abe miaƒe adzɔnunana ene tso Sela to gbegbe la ahayi ɖe Zion ƒe vinyɔnu ƒe to la dzi. Abe ale si wonyaa xe dzodzoewo le woƒe atɔwo me ene la, nenema ke wòanɔ na Moab nyɔnuwo le Arnon ƒe tɔtsoƒewo. “Ɖo aɖaŋu na mí, eye nàtso nya me na mí. Na wò vɔvɔli nazu abe zã ene le ŋudɔkutsu. Ɣla ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Damasko ŋu: “Kpɔ ɖa, Damasko maganye du abe tsã ene o, ke boŋ atrɔ azu aƒedo! Woagblẽ Aroa ƒe duwo ɖi woatsi ƒuƒlu, eye wòazu nɔƒe na alẽha siwo atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma, eye ame aɖeke mado ŋɔdzi na wo o. Efraim ƒe mɔ sesẽwo nu ayi kple Damasko ƒe fiaɖuƒe hã, eye Aram ƒe ame mamlɛawo ƒe ŋusẽ anɔ ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Baba na anyigba si le Kus ƒe tɔsisiwo ƒe go kemɛ dzi, afi si tɔdziʋu siwo doa abala la zɔna, dukɔ si dɔa amewo ɖona ɖe atsiaƒu kple tɔsisiwo dzi kple aƒlatɔdziʋu siwo ɖia du sesĩe. Midɔ ame dɔdɔ ɖeablawo ɖe dukɔ dzɔatsu si ƒe amewo kɔ, eye wo ŋu zrɔ̃ la gbɔ, dukɔ si amewo vɔ̃na le gbeta, du didiwo ke hã me, dukɔ nyany...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte kple du le lilikpowo dzi. Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume, eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo. “Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo, nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu, du natso ɖe du ŋu, eye fiaɖ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ƒe si me Asiria fia Sargon dɔ eƒe aʋafiagã ɖe Filistitɔwo ƒe du, Asdod me, eye wòwɔ aʋa kplii hexɔe la, ɣe ma ɣi Yehowa gblɔ na Amoz ƒe vi, Yesaya, be, “Ɖe wò akpanya si nèta la da ɖi, eye nàɖe afɔkpawo le wò afɔ.” Ale Yesaya wɔ nenema; eɖe amama, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm nɔ yiyim. Yehowa gblɔ be, “Abe ale si nye dɔla...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe gbegbe si le ƒuta la ŋu. Amedzidzela aɖe ava dze mia dzi tso gbegbe, anyigba dziŋɔ aɖe dzi abe ale si ahom tuna toa anyigbemenyigba dzi ene. Woɖe ŋutega dziŋɔ aɖe fiam; ametatrɔla trɔ ame ta, nuhala kpɔ nuhaha. Elam dze edzi! Media ƒu kpo ɖe eŋu! Mana hũɖeɖe siwo katã wòhe vɛ la nawu nu. Eya ta...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe ŋutega balime la ŋu. Nu kae ɖe mi ɖe nu hafi mi katã miede xɔwo tame? O! Hoowɔwɔ ƒe du, ʋunyaʋunya kple aglotutu ƒe du, nu kae le wɔwòm? Wò ame kukuwo la, menye yi nu wotsi o, eye menye aʋa hãe wotsi o. Wò dumegãwo katã si dzo; wotsɔ wo ɖokuiwo na futɔwo, eye womeʋli wo ɖokui ta o. Togbɔ be wosi ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu. Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis, elabena wogbã Tiro, eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o. Wose nya sia esi wole Kipro ke. Mizi ɖoɖoe, mi ame siwo le ƒukpo la dzi kple mi asitsala siwo tso Sidon. Mi ame siwo ƒudzidɔwɔlawo wɔ kesinɔtɔwoe, Wotsɔ bli tso Sidon, nuŋeŋe si tso Nil ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Kpɔ ɖa, Yehowa le anyigba la tsrɔ̃ ge, eye wòawɔe wòazu gbegbe. Ele anyigba la ƒe ŋkume gblẽ ge, eye woakaka edzinɔlawo. Anɔ alea na nunɔlawo kple amehawo, na aƒetɔ kple dɔlaŋutsu, na aƒenɔ kple dɔlanyɔnu, nudzrala kple nuƒlela, na ame si doa nugbana kple nugbanadola, na fetɔ kple fenyila. Woaɖi gbɔlo anyigba la ƒiaƒia...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
O! Yehowa, wòe nye nye Mawu. Mado wò ŋkɔ ɖe dzi, eye makafu wò, elabena wò nuteƒewɔwɔ de blibo. Èwɔ nu dzɔtsuwo, nu siwo nèɖo ɖi tso blema ke. Èna du gãwo trɔ zu aƒedo, eye mɔ sesẽwo zu glikpo. Amedzrowo ƒe du sesẽwo maganye du anɔ anyi o. Womagbugbɔ wo atu akpɔ o, eya ta dukɔ siwo wɔa kalẽ la ade bubu ŋuwò, eye dukɔ n...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbe ma gbe la, woadzi ha sia le Yudanyigba dzi be: Du sesẽ aɖe le mía si; Mawu tsɔ ɖeɖe ɖo gli sesẽ aɖe ƒo xlãe. Miʋu agboawo be dukɔ dzɔdzɔe la nage ɖe eme; dukɔ si lé xɔse me ɖe asi. Àna be ame si ƒe susu ku ɖe ŋuwò la nanɔ ŋutifafa gã aɖe me, elabena eɖo ŋu ɖe ŋuwò. Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowae nye Agakpe...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ŋkeke ma dzi la, Yehowa atsɔ eƒe yi dziŋɔ, gã, sẽŋu la ahe to na Leviatan, da si nɔa eɖokui xatsam la; awu ʋɔ driba si le atsiaƒu me la hã. Le ŋkeke ma dzi la, “Miadzi ha tso waingble si tse fũu la ŋu. Nye Yehowae kpɔa edzi. Medea tsii ɣe sia ɣi. Medzɔa eŋu zã kple keli be ame aɖeke magagblẽe o. Nyemedo dziku o. Ɖe ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Baba na seƒoƒofiakuku ma si nye dada na Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo. Baba na seƒoƒo yɔyrɔ la ƒe gãnyenye si wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na balime si nyoa nuku. Baba na du ma si nye dada na ame siwo wain flu tagbɔ na! Kpɔ ɖa, ame si sesẽ, nye kalẽtɔ la le Aƒetɔ la si. Ava abe tsikpe ƒe dzadza kple ya si gblẽa nu la ene. Ava abe kelemet...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Baba na wò, Ariel, Ariel du gã, si me David nɔ. Tsɔ ƒe kpe ɖe ƒe ŋu, eye na wò azãɖuɖuwo nanɔ edzi yim ɖaa. Maƒu kpo ɖe Ariel ŋu, afa konyi, axa nu, ekema anɔ nam abe vɔsamlekpui si ƒo ʋu la ene. Maƒu asaɖa anyi aƒo xlã wò godoo. Matu gbetakpɔxɔ sesẽwo aƒo xlã wòe, eye maɖe ʋe ɖe ŋuwò. Woaɖiɖi wò ɖe anyi, eye àƒo nu ts...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Yehowa be, “Baba na vi sẽto siwo dea aɖaŋu hewɔa nu siwo nyemeɖo na wo o. Woblaa nu nye Gbɔgbɔ manɔmee eye wolia kɔ nu vɔ̃ ɖe nu vɔ̃ dzi! Ame siwo mebia gbem hafi yi Egipte o, eye wosi Farao tso hebia tso esi be wòanye woƒe akpoxɔnu ne woabe ɖe Egipte ƒe vɔvɔ̃li te. Ke Farao ƒe akpoxɔnunyenye na mi atrɔ zu ŋukpe, eye E...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Baba na ame siwo ƒu du yi ɖe Egipte be woaxɔ na yewo; ame siwo ɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe woƒe tasiaɖam gbogboawo ŋu, hetsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ de sɔdolawo ƒe ŋusẽ triakɔ la me. Ke womeɖo ŋu ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu loo alo be yewoabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu o. Ke nunyala vavã eya hã nye, eye wòate ŋu ahe gbegblẽ vɛ. ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Kpɔ ɖa, fia aɖe aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me, eye eƒe dumegãwo aɖu dzi le nuteƒewɔwɔ me. Ame ɖe sia ɖe anɔ abe bebeƒe le yaƒoƒo nu kple sitsoƒe le ahom me ene. Anɔ abe tɔsisiwo le gbegbe kple agakpe ƒe vɔvɔli le kuɖiɖinyigba dzi ene. Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo maganye tre o, eye ame siwo ƒe to sea nu la ƒe towo...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Baba na wò, o nugblẽla! Wò ame si womegblẽ o. Baba na wò, o ametatrɔla! Wò ame si womede asi o. Ne èdzudzɔ nugbegblẽ la, woagblẽ wò hã ne èdzudzɔ ametatɔtrɔ la, woatrɔ wò hã tawò. O! Yehowa, ve mía nu; míele diwòm vevie. Nye míaƒe ŋusẽ ŋdi sia ŋdi. Nye mía ɖela le xaxaɣeyiɣiwo me. Ne èɖe gbe la, amewo sina, ne ètso la...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mite va, mi dukɔwo; miɖo to afii, miƒu to anyi, mi amewo! Mina be anyigba kple edzinuwo katã nasee, eye xexea me kple emenuwo katã hã nasee! Yehowa do dziku ɖe dukɔwo katã ŋu, eye eƒe dɔmedzoe bi ɖe woƒe asrafowo ŋu. Atsrɔ̃ wo gbidigbidi ahatsɔ wo ade asi be woawu. Woatsɔ woƒe Ame tsiaʋawo aƒu gbe. Woƒe ŋutilã kukuawo ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Gbegbe kple anyigba si ƒu kplakplakpla la akpɔ dzidzɔ. Gbedadaƒo atso aseye ahaƒo se abe dzogbenya ene, aƒo se, atso aseye, eye wòado dzidzɔɣli. Woagbugbɔ Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe nɛ, Karmel ƒe lãnyiƒe kple Saron ƒe gbe dama ƒe atsyɔ̃ agatrɔ ava na wo, eye woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple míaƒe Mawu la ƒe atsyɔ̃. Do ŋusẽ a...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le Fia Hezekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienelia me la, Asiria fia, Senakerib ɖe to ɖe Yuda du siwo katã woglã la, eye wòɖu wo dzi. Emegbe la, Asiria fia dɔ eƒe aʋafia kple aʋakɔ gã aɖe tso Lakis ɖo ɖe Fia Hezekia le Yerusalem. Esi aʋafia la kple eŋumewo va tɔ ɖe Dzigbeta la ƒe tɔʋu to, le mɔ si ɖo ta avɔnyala ƒe nunyaƒe la, ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Esi fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Emegbe la, edɔ eƒe dɔnunɔla, Eliakim kple eƒe agbalẽŋlɔla Sebna kple nunɔla tsitsiwo dometɔ aɖewo, ame siwo katã hã ta akpanya, eye woyi ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi la gbɔ. Wogblɔ nɛ be, Ale fia Hezekia gblɔe nye esi: “Eg...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’ ” Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be, “O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ ...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ agbalẽ kple nunana ayi na Hezekia elabena ese eƒe dɔdzedze kple hayahaya. Hezekia xɔ ame dɔdɔawo kple dzidzɔ, eye wòtsɔ nu siwo katã le eƒe nudzraɖoƒe la fia wo; esiwo nye klosalo, sika, atike ʋeʋĩwo, ami tɔxɛwo, aʋawɔnu siwo ka...
https://audio-bible-cdn.…?version_id=1613
Mifa akɔ, mifa akɔ na nye amewo, miaƒe Mawu lae gblɔe. De dzi ƒo na Yerusalem, eye nàgblɔ nɛ be, eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ wu enu. Woxe fe ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta be ekpɔ teƒeɖoɖo eve tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta. Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi: “Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe. Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na ...
End of preview. Expand in Data Studio

Ewe bible for Text-to-Speech

Downloads last month
18