Ghana TTS
Collection
4 items • Updated • 1
audio audio | text string | duration float64 |
|---|---|---|
1 KRONIKA 1. Blemanyatoto tso Adam dzi va se ɖe Isak dzi. Noa ƒe viwo. Adam, | 14.364 | |
Yafet ƒe viwo. Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras. Gomer | 13.955 | |
ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma. Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kitim kple Rodanim. | 12.9 | |
Ham ƒe viwo. Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan. Kus ƒe viŋutsuwoe nye: | 10.6 | |
Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka. Rama ƒe viŋutsuwoe nye. Seba kple Dedan. Kus ƒe dzidzimevie | 12.348 | |
nye. Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi. Ame siwo nye | 6.16 | |
dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het. Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, | 9.7 | |
Elam, Asur, Arfaxad, Lud, Aram, Uz, Hul, Geter kple Mesek. Arfaxad ƒe vie nye Sela. ame | 14.4 | |
si dzi Eber. Vi eve nɔ Eber si: Woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye | 8.48 | |
Memama elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo. Yoktan ƒe viwoe nye. Almodad, | 10.02 | |
nye Yoktan ƒe viŋutsuwo. Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Arfaxad, ame si dzi Sela. ame si dzi | 8.78 | |
Eber, ame si dzi Peleg, ame si dzi Reu. ame si dzi Serug, ame si dzi | 7.04 | |
Nahor, ame si dzi Tera. ame si dzi Abram ame si wova yɔna emegbe be Abraham. | 7.34 | |
Abraham ƒe viwo. Abraham ƒe viwoe nye: Isak kple Ismael. Hagar ƒe dzidzimeviwo. Ismael ƒe viwoe | 11.196 | |
Nafis kple Kedema. Ame siawo nye Ismael viwo. Ketura ƒe dzidzimeviwo. Abraham ƒe ahiãvi Ketura dzi. | 11.745 | |
Zimram, Yoksan, Medan, Midian, Isbak kple Sua. Yoksan ƒe viwo: Seba kple Dedan. Midian ƒe viŋutsuwoe | 12.801 | |
nye: Efa, Efer, Hanok, Abida kple Elda. Woawoe nye Abraham kple srɔ̃a evelia, Ketura ƒe dzidzimeviwo. | 11.04 | |
Sara ƒe dzidzimeviwo. Abraham ƒe vi, Isak. dzi Esau kple Israel. Esau ƒe viŋutsuwoe nye: Elifaz, | 10.845 | |
Reuel, Yeus, Yalam kple Korah. Elifaz ƒe viwoe nye: Teman, Omar, Zefi, Gatam, Kenaz. Timna kple | 13.533 | |
Amalek. Reuel ƒe viŋutsuwoe nye: Nahat, Zera, Sama kple Miza. Seir ƒe viwo le Edom. Esua | 13.14 | |
alo Seir ƒe vi aɖewoe nye: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan. Lotan ƒe | 11.66 | |
viwoe nye. Hori kple Homam. Timna nye Lotan nɔvinyɔnu. Sobal ƒe viŋutsuwoe nye: Alvan, Manahat, Ebal, | 10.96 | |
Sefo kple Onam. Zibeon ƒe viwoe nye: Aya kple Ana. Ana ƒe vie nye: Dison, ame | 9.982 | |
si dzi Hamran, Esban, Itran kple Keran. Ezer ƒe viwoe nye: Bilhan, Zaavan kple Yaakan. Disan | 12.12 | |
ƒe viwoe nye: Uz kple Aran. Edom ƒe dziɖulawo. Ame siwo ɖu fia le Edom hafi | 9.6 | |
woɖo Israel fiaɖuƒe la gɔme anyi la woe nye: Bela, Beor ƒe vi. Du si me | 7.4 | |
wònɔ la ŋkɔe nye Dinhaba. Esi Bela ku la, Yobab, Zera ƒe vi, tso Bozra zu | 7.8 | |
fia. Esi Yobab ku la, Husam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe. eye | 8.64 | |
le Husam ƒe ku megbe la, Hadad, Bedad ƒe vi, ame si ɖu Midiantɔwo dzi le | 7.34 | |
Moab nyigba dzi la ɖu fia eye eƒe fiadue nye Avit. Esi Hadad trɔ megbe la, | 7.38 | |
Samla tso Masreka ɖu fia ɖe eteƒe. Le Samla ƒe ku megbe la, Siaul tso Rehobot, | 8.936 | |
du si le tɔsisi aɖe ŋu la ɖu fia ɖe eteƒe. Le Siaul ƒe ku megbe | 5.394 | |
la, Baal Hanan, Akbor ƒe vi ɖu fia ɖe eteƒe. Esi Baal Hanan ku la, Hadad | 7.78 | |
ɖu fia ɖe eteƒe eye eƒe fiadue nye Pau. Hadad srɔ̃e nye Mehetabel, dadae nye Matred, | 9.44 | |
ame si dadae nye Me-Zahab. Hadad hã va ku. Edom fiawo le Hadad ƒe ku megbe | 7.34 | |
Edom fiawo. | 1.106 | |
1 KRONIKA 10. Saul wu eɖokui. Azɔ la, Filistitɔwo dze aʋa la wɔwɔ gɔme kple Israelviwo | 11.477 | |
eye Israelviwo si le wo nu. Wowu Israelvi geɖewo le Gilboa to dzi. Filistitɔwo ɖe Saul | 7.02 | |
kple viawo ɖe nu eye wowu viawo; Yonatan, Abinadab kple Malki Sua. Aʋa la nu sẽ | 7.84 | |
ŋutɔ na Saul eye esi aŋutrɔdalawo tui la wode abi eŋu vevie. Saul gblɔ na eƒe | 7.18 | |
akpoxɔnutsɔla be, Ɖe wò yi ɖe go nàƒoe ɖem, ne menye nenem o la, Filistitɔ, aʋamatsomatsoetɔ | 8.8 | |
siawo ava wum eye woado vlom. Ke vɔvɔ̃ ɖo eƒe akpoxɔnutsɔla la ŋutɔ eye melɔ̃ be | 7 | |
yeawɔ Saul ƒe gbe dzi o. Eya ta Saul tsɔ eya ŋutɔ ƒe yi hedze enu. | 5.705 | |
Esi eƒe akpoxɔnutsɔla la kpɔ be eku la, eya hã wu eɖokui nenema ke. Ale Saul | 6.939 | |
kple Via ŋutsu etɔ̃awo ku gbe ɖeka eye ƒome blibo la tsrɔ̃. Esime Israelvi siwo nɔ | 6.26 | |
balime la le toa te se be wowu yewoƒe aʋawɔlawo eye Saul kple viawo hã ku | 5.76 | |
la, wosi dzo le woƒe duwo me eye Filistitɔwo va nɔ duawo me. Esi ŋu ke | 6.08 | |
eye Filistitɔwo yi be woaɖe nuwo le Israel ƒe ame kukuwo ŋu la, wokpɔ Saul kple | 5.68 | |
Via ŋutsu etɔ̃awo ƒe kukuawo le Gilboa to la dzi. Woɖe Saul ƒe aʋawu le eŋu, | 6.128 | |
tso ta le enu eye wotsɔ eƒe ta kple aʋawɔnu fia amewo le woƒe anyigba dzi | 5.8 | |
godoo. Wotso aseye le dzidzɔnya sia ŋuti le woƒe legbawo kple dukɔmetɔwo ŋkume. Wotsɔ Saul ƒe | 8.02 | |
akpoxɔnu da ɖe woƒe mawuwo ƒe gbedoxɔ me eye wotsɔ eƒe ta ku gli ŋu le | 6.26 | |
Dagon ƒe gbedoxɔ me. Esi Yabes Gileadtɔwo se nu si Filistitɔwo wɔ Saul la, woƒe aʋawɔlawo | 7.66 | |
katã yi aʋagbea dzi eye wotsɔ eƒe kukua kple viawo tɔwo gbɔ va Yabes. Woɖi wo | 7.9 | |
ɖe ati gã aɖe te le Yabes eye wofa wo ŋkeke adre sɔŋ. Saul ku le | 6.86 | |
eƒe tomaɖomaɖo Yehowa kple ale si wòyɔ ŋɔli bia gbee se ta. Ke esi mebia Yehowa | 7.58 | |
be wòafia nu si yeawɔ o la ta, Yehowa na wòku eye wòtsɔ eƒe fiaɖuƒe la | 6.38 | |
na David, Yese ƒe vi. | 2.256 | |
1 KRONIKA 11. David zu fia ɖe Israel dzi. Israel ha blibo la va ƒo ƒu | 9.419 | |
ɖe David gbɔ le Hebron eye wogblɔ nɛ be, Wò ŋutilã kple ʋue míenye. Tsã esi | 6.88 | |
Saul nye fia gɔ̃ hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã | 6.12 | |
me eye Yehowa, wò Mawu, gblɔ na wò be, Wòe akplɔ nye dukɔ, Israel eye wòe | 6.38 | |
ava nye woƒe fia. . Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ | 5.04 | |
le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David | 5.64 | |
heɖoe fiae ɖe Israel dzi abe ale si Yehowa gblɔ na Samuel ene. David xɔ Yerusalem. | 7.38 | |
Le esia megbe la, David kple Israel blibo la ho aʋa ɖe Yerusalem, du si woyɔna | 5.785 | |
tsã be Yebus la ŋu. Yebusitɔwo nye ame siwo nye anyigba la dzi nɔla gbãtɔwo. Wogblɔ | 7.42 | |
na David be, Màge ɖe afi sia o. Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi | 5.441 | |
eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, David ƒe Du. David gblɔ be, | 7.08 | |
Ame sia ame si atre Yebusitɔwo sisi la, azu aʋafia. Yoab, Zeruya ƒe viŋutsu dze Yebusitɔwo | 9.232 | |
dzi gbã eye wòzu aʋafia la. David nɔ mɔ la me eya ta woyɔa du la | 5.76 | |
ƒe akpa ma be, David ƒe Du. Ekeke du la ɖe edzi ƒo xlã mɔ la | 5.82 | |
le esime Yoab gbugbɔ Yerusalem ƒe akpa mamlɛa tu. David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi | 7.4 | |
elabena Yehowa, Dziƒoʋĩtɔ la nɔ kplii. David ƒe kalẽtɔwo. David ƒe aʋawɔla xɔŋkɔtɔwo, ame siwo do | 10.9 | |
ŋusẽ Israel ƒe kplɔlawo be woatsɔ David aɖo fiae abe ale si Yehowa gblɔ be ava | 6.5 | |
eme ene la le ame etɔ̃. Wo dometɔ gbãtɔe nye Yasobeam, ŋutsu aɖe si tso Hakmon. | 8.44 | |
Eyae nye Ame Sesẽ Etɔ̃awo, ame siwo nye aʋawɔla xɔŋkɔ etɔ̃awo le David ƒe aʋakɔ la | 6.68 | |
me la kplɔla. Ewu ame alafa etɔ̃ kpɔ kple eƒe akplɔ le aʋakpekpe ɖeka me. Ame | 7.88 | |
Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ David ŋu | 8.54 | |
le aʋa si Israelviwo wɔ kple Filistitɔwo le Pas Damim la me. Lu le agble aɖe | 7.42 | |
me fũ le afi ma. Ke Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si le Filistitɔwo nu. Ke | 6.14 | |
wotɔ ɖe agble la titina, hexɔe eye wowu Filistitɔwo. Yehowa na woɖu dzi gã aɖe. Le | 7.88 | |
ɣe bubu ɣi la, David ƒe aʋafia blaetɔ̃awo dometɔ etɔ̃ yi David gbɔ le esime wòbe | 7.32 | |
ɖe agado aɖe me le Adulam. Filistitɔwo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim balime. David nɔ mɔ | 7.48 | |
la me eye Filistitɔwo ɖe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi. David gblɔ kple didi | 6.7 | |
be, Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem | 6.26 | |
ƒe agbonu la me vɛ nam la anyo ŋutɔ. Ke ame etɔ̃awo to Filistitɔwo dome, ku | 6.6 | |
tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David | 4.74 | |
gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume. Egblɔ be, | 6.36 | |
Mawu nana nu sia wɔwɔ nate ɖa xaa tso gbɔnye. Ɖe mano ŋutsu siawo, ame siwo | 8.437 | |
de woƒe agbe ke la ƒe ʋua? Esi wode woƒe agbe xaxa me be woaku tsi | 5.84 | |
la vɛ nɛ ta la, David menoe o. Abisai, Yoab nɔvi nye amegã na ame etɔ̃awo. | 7.056 | |
Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene. Eyae | 8.4 | |
nye tatɔ kple ame xɔŋkɔ le Ŋutsu Sesẽ Etɔ̃awo dome eye wòzu woƒe kplɔla togbɔ be | 6.12 | |
womebui ɖe wo dome o hã. Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ | 8.04 | |
aɖe tso Kabzeel la, wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, | 7.288 | |
egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza. Eye wòwu Egiptetɔ aɖe, ame | 6.92 | |
si ƒe kɔkɔme anɔ mita eve kple afã. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ si tri | 6 | |
abe abaladoti ene ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi | 7 | |
eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui. Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya | 8.18 |
48775 speech-text pairs split from long recordings.
ghananlpcommunity/ewe-tts-bible-full-audio-textfrom datasets import load_dataset
ds = load_dataset("ghananlpcommunity/ewe-bible-audio-text-tts", split="train")